Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 8:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Mordekai do fiawu ɣitɔ kple blɔtɔ kple awu ʋlaya si wowɔ kple aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ, eye wòɖɔ sikafiakuku gã la. Edzo le fia la gbɔ, eye wòyi ablɔwo dzi. Amewo nɔ ablɔawo dzi fũu, eye wonɔ dzidzɔɣli dom.

Onani mutuwo Koperani




Ester 8:15
15 Mawu Ofanana  

Eye Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ do na Yosef, eye wòdo aklalabiɖibiɖiwu nɛ, eyome wòtsɔ sikakɔsɔkɔsɔ de kɔ nɛ.


Wotsi avɔ ɣito, dzĩtɔ kple blɔtɔ, siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe ka ɖo la, ɖe klosalosigɛwo ŋu le kpe xɔasi sɔtiawo ŋu. Wotsɔ sika kple klosalo lɔ̃ kuntrunuwo, ɖo ɖe anyigba, si wotsɔ kpe xɔasi dama, ɣito, hẽtɔ kple yibɔtɔ ɖo la.


Eƒe nu gã wɔwɔwo kple nu klitsu wɔwɔwo katã kpakple Mardoxai ƒe ŋkɔxɔxɔ, alesi fia la ɖo gãe la, woŋlɔ wo ɖe Media kple Persia-fiawo ŋɔli ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Ester do fiawu, eye wòyi fiasã ƒe xɔxɔnu emetɔ, si le fia ƒe xɔ ŋgɔ la. Fia la bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le fiasã me dze ŋgɔ aƒe la ƒe ʋɔtru.


Eye Haman xlẽ eƒe kesinɔnu nyuiawo, via gbogboawo kple nusiwo katã fia la tso ɖoe gãe, kpakple alesi wòtsɔe ɖo amegãwo kple fia ƒe dɔlawo dzi la na wo.


Eye Haman tso awu kple sɔ la, edo awua na Mardoxai, eye wòna wòdo sɔ la to dua ƒe ablɔ me, eye wòle ɣli dom le eŋgɔ be: Ale woawɔ na ŋutsu, si ŋu fia di be, yeade bubui la enye si!


ekema woaɖe fiawu, si fia dona kple sɔ, si fia dona, si ƒe ta fiakuku le la, ɖe go;


Tete duxɔlawo wɔ kaba do fia ƒe sɔ ɖiduwo, eye woyi enumake le fia ƒe nya la nu. Eye wode se la le Susa-mɔ̃ me.


Ne enyo na ame dzɔdzɔewo la, ɖu kpɔa dzidzɔ; eye ne ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ la, aseye ɖina.


Ne ame dzɔdzɔewo le aseye tsom la, atsyɔ̃ɖoɖo teƒe mekɔna o; ke ne ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ de dzi la, amewo kpɔkpɔ nyea dɔ.


Alo nuka kpɔ ge miedo go yii? Alo amesi do awu bɔbɔewoa? Kpɔ ɖa, amesiwo do awu bɔbɔewo la, woawoe le fiawo ƒe aƒewo me.


ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.


Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖibiɖiwu, eye woɖua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa