Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 8:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete duxɔlawo wɔ kaba do fia ƒe sɔ ɖiduwo, eye woyi enumake le fia ƒe nya la nu. Eye wode se la le Susa-mɔ̃ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ale fia la ƒe dɔtsɔlawo do fia la ƒe sɔ ɖeablawo kple du le fia la ƒe gbeɖeɖe nu. Woɖe gbeƒã sea le Susa mɔ gã la hã me.

Onani mutuwo Koperani




Ester 8:14
13 Mawu Ofanana  

Eye duxɔlawo xɔ agbalẽawo le ha la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le Israel blibo la kple Yuda, eye wogblɔ le fia ƒe sedede nu bena Israel-viwo, mitrɔ ɖe Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamleawo, siwo gatso Asur-fia si me la ŋu!


Nexemya, Haxalya vi ƒe ŋutinyawo nye esi: Le dzinu Kisiew dzi le ƒe blavelia me, esime mele Susa-mɔ̃ me la.


le ɣemaɣi, esime Axasweros bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa-mɔ̃ me la,


eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo,


Tete wode agbalẽ la duxɔlawo si ɖo ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi, be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, woawu wo, eye woagblẽ wo, ɖeviwo kple tsitsiawo, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa le ŋkeke ɖeka dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo.


Agbalẽ la me nya enye si: Woade se le anyigba vovovoawo dzi, eye woana dukɔwo katã nanyae, ne woadzra ɖo ɖi le ŋkeke sia dzi.


Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.


Agbalẽ la me nya enye si: Woade se le anyigba vovovoawo dzi, eye woana dukɔwo katã nanyae be: Yudatɔwo nadzra ɖo ɖi le ŋkeke sia dzi, eye woabia hlɔ̃ woƒe futɔwo.


Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.


Ke Saul ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka le afima, amesi wosika ɖe Yehowa ŋku me gbemagbe; eŋkɔ nye Doeg, Edom-tɔ, si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa