Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 5:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete srɔ̃ Zeres kple xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ bena Na, woatu ati wòakɔ abɔklugui blaatɔ̃, eye etsɔ la nagblɔe na fia la, ne woahe Mardoxai ɖe eŋu; emegbe nayi kplɔ̃ ŋu kple dzidzɔ kpakple fia la! Eye nya la dze. Haman ŋu, eye wòna wotu ati la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la.

Onani mutuwo Koperani




Ester 5:14
22 Mawu Ofanana  

Axitofel gblɔ na Absalom bena: Yi fofowò ƒe ahiã, tsiwo wogblẽ ɖe megbe, be woakpɔ aƒea dzi la gbɔ; eye ne Israel blibo la se be, mia kple fofowò dome gblẽ la, ekema ŋusẽ aɖo alɔ me na amesiwo katã le ŋuwò!


Amea ɖeke meli ɖe Axab, si tsɔ eɖokui ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me la nu o, elabena srɔ̃ Izebel ye blee de eme.


Tete srɔ̃a Izebel gblɔ nɛ bena: Fianue nye esia wɔm nele le Israel? Fɔ, naɖu nu, eye wò dzi nagbɔ ɖe eme! Matsɔ Yezreeltɔ Nabot ƒe weingble la na wò.


Eye fia la gblɔ be Amekae le xɔxɔnua? — Haman ye va fiasã ƒe xɔxɔnu gbãtɔ be, yeagblɔ na fia la be woahe. Mardoxai ɖe ati, si wòtu nɛ la ŋu. —


Ame vɔ̃ɖiwo di yi, eye wova woƒe da me, ne woaxlã hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe anyi, eye woawu amesiwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la.


Ame vɔ̃ɖi la ɖe xa di na ame dzɔdzɔe la, eye wòdi be, yeawui.


na maxlẽ nya afia le wò ŋkɔxɔxɔwo katã ŋu le Zion-vinyɔnu ƒe duwo me, eye matso aseye le xɔname ŋuti.


Woawo la woawo ŋutɔ ƒe ʋu ŋue wole xa ɖem ɖo, eye woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋue wole adeklo dzi ɖo.


Elabena woawo la, ne womewó vɔ o kpea, wometea ŋu ɖɔa alo o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo.


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Woƒe afɔwo ɖe abla, be woakɔ ʋu ɖe anyi,


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa