Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.
Tete Mardoxai gblɔ nusiwo katã dzɔ ɖe eɖzi, kple klosalo, si ŋugbe Haman ɖo be, yeada atsɔ de fia ƒe kesinɔnuwo me ɖe Yudatɔwo ta, ne yeatsrɔ̃ wo la ƒe xexlẽme nɛ.
Tete fia la gblɔ na fiasrɔ̃ Ester bena, Ne Yudatɔwo wu ŋutsu alafa atɔ̃ le Susa-mɔ̃ me, eye wotsrɔ̃ wo hekpe ɖe Haman vi ewoawo ŋu la, aleke womahawɔ le fia ƒe anyigba mamleawo dzi oa? Azɔ nuka biam nele? Woana wò. Eye nuka dim nègale? Woawɔ edzi.