Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple eƒe aƒe dzikpɔlawo va toe nɛ la, dzika tso fiasrɔ̃ la ƒo ŋutɔ, eye wòɖo awuwo ɖa, be woatsɔ ado na Mardoxai, ne woaɖe akpanya la le eŋu; ke egbe wo xɔxɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Esi Ester ƒe nyɔnudɔlawo kple ŋutsu tata siwo le edzi kpɔm la va gblɔ nu si Mordekai nɔ wɔwɔm nɛ la, exa nu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòatsɔ aɖɔli akpanya si wòta la, gake melɔ̃ o.

Onani mutuwo Koperani




Ester 4:4
10 Mawu Ofanana  

Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã la akɔ nɛ ʋuu do kpoe, ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsieƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.


Wòfɔ ka dzi kpo fesre nu gblɔ bena: Ameka le dzinye, amekae? Tete aƒemenuwo dzikpɔla eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre nu.


Ke fiasrɔ̃ Wasti gbe fia ƒe nya, si wòde aƒe dzikpɔlawo si la, eye meva o. Tete fia la nyrã ŋutɔ, eye dzi bi ɖe dɔ me nɛ.


Eye nuxaxa gãa ɖe ɖo Yudatɔwo dome le anyigba, siwo katã dzi fia ƒe nya kple eƒe se la de la dzi, wotsi nu dɔ, wofa avi, eye wofa konyi, eye wo dometɔ geɖewo ta akpanya hesi afi.


Tete Ester yɔ Hatax tso fia ƒe aƒe dzikpɔla, siwo wòɖe, be woasubɔe la dome, eye wòdɔe ɖo ɖe Mardoxai gbɔ, be yeanya nusi dzɔ kple nusi ta wòwɔ alea ɖo.


Mekɔ gbe dzi na Mawu, eye mele ɣli dom; Mawue mekɔ gbe dzi na, ɖo tom!


Amedzrovi, si ku ɖe Yehowa ŋu la, megagblɔ be, Yehowa le ye ɖe ge ɖa atso eƒe dukɔ ŋu o; eye ame tata megagblɔ be, kpɔ ɖa, ye la, ati ƒuƒu ko ye nye o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wogbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.


Eye wòtsi tre heyi; eye kpo ɖa, Etiopia-ŋutsua ɖe, aƒedzikpɔla, si nye Etiopia-towo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ, amesi kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi la, eya va Yerusalem gbe do ge da;


Axɔ agblemenu kple weingblemenu fe ewolia le mia si na eƒe aƒe dzikpɔlawo kple dɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa