elabena ne àzi kpi le ɣeyiɣi sia me la, ekema ablɔɖe kple ɖeɖe atso afi bubua ɖe ava na Yudatɔwo, ke mia kple fofowò ƒe aƒe ya miatsrɔ̃ amea ɖe menya nu o, ɖewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.
Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!