Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 4:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 elabena ne àzi kpi le ɣeyiɣi sia me la, ekema ablɔɖe kple ɖeɖe atso afi bubua ɖe ava na Yudatɔwo, ke mia kple fofowò ƒe aƒe ya miatsrɔ̃ amea ɖe menya nu o, ɖewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?”

Onani mutuwo Koperani




Ester 4:14
31 Mawu Ofanana  

Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.


Tete Yehowa ɖo xɔnametɔa ɖe na Israel, eye woge le Aramtɔwo si me, eye Israel-viwo nɔ woƒe agbadɔwo me abe tsã ene.


ne woagblɔ nɛ bena: Ale Xizkiya gblɔ esi: Egbe enye xaxa-, tohehe-kple vlodogbe; elabena viwo ɖo dzidzi me, gake ŋusẽ meli, ne wòadzi wo o.


Elahena kluviwo míenye, ke mía Mawu megblẽ mí ɖi ɖe míaƒe kluvinyenye la me o, ke boŋ eve mía nu le Persia-fiawo ŋku me, ne woana agbe naɖo mía me, ne míatu mía Mawu le xɔ la, eye míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo, eye gli nano mia si le Yuda kple Yerusalem.


Tete meɖo ŋu bena: Ame abe nyee ene nana? Nyemayi gbedoxɔ me, be matsi agbea? Nyemele eme yi ge o.


Eye esi wòɖo Ester, amesi nye Mardoxai tɔdia Abixayil ƒe vinyɔnu, si wòxɔ wo vianyɔnui dzi, be wòayi fia gbɔ la, mebia naneke o, negbe nusi fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla ɖo la ko. Eye Ester nu nyo amesiwo katã kpɔe la ŋu.


Eye fia la lɔ̃a Ester wu nyɔnuwo katã, eƒe nu nyo eŋu, eye wòve enu wu ɖetugbiawo katã, etsɔ fiakuku la dɔ nɛ, eye wòtsɔe ɖo fiasrɔ̃e ɖe Wasti teƒe.


Eya nyi etɔɖia ƒe nyɔnuvi Hadasa, si nye Ester la wòtsi, elabena tɔ kple nɔ megale esi o. Nyɔnuvi la nyo, eye wòdze tugbe. Eye esi fofoa kple dadaa woku la. Mardoxai xɔe wòzu vianyɔnu.


Tete Mardoxai be, woaɖo ŋu na Ester be: Megasusu be, wòa akpɔ ɖeɖe le fia ƒe me tso Yudatɔwo katã dome o;


Tete Ester be, woaɖagblɔ na Mardoxai be:


Mede mɔ nam be, magbɔ o, ke boŋ ena vevesesewo ɖi ƒo nam.


nuvuvuɣi li, nye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li;


Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Yehowa be: Meli kpli wò, ne maɖe wò; matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome mekaka wò ɖo la, ke nyematsrɔ̃ wò ya o; nyemagblẽ wò ɖi tomahemahee o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo nu.


Yehowa be: Wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o; elabena meli kpli wò, eye matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome menyã wò ɖo ɖo la gbidigbidi; ke wò la, nyematsrɔ̃ wò keŋ o; nyemagbe tohehe na wò o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo la nu.


ekema mado ŋku nu, si mebia kple Yakob, Isak kple Abraham la dzi, eye maɖo ŋku anyigba la dzi.


Eye nye hã mele egblɔm na wò bena: Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzi matu ye ha la ɖo, eye tsiẽƒe ƒe agbowo hã mele edzi ɖu ge o.


Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.


Elabena, ne ekpa be, ŋusẽ vo le wo ŋu, eye ame tsitsiwo kple ɖeviwo megali o la, adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ, eye wòave eƒe dɔlawo nu


Filistitɔwo gblɔ bena: Ameka wo nusia? Eye wogblɔ bena: Simson, Timnattɔ ƒe toe wòe, elabena woxɔ srɔ̃a tso na eƒe hati. Tete Filistitowo va tɔ dzo nyɔnu la kple fofoa.


Elabena Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta; elabena edze egɔme, be wòawɔ mi mianye dukɔ nɛ.


Dawid ɖo ŋu bena: Nuka mehewɔ fifia? Menye nya ta koe mebia oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa