Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete wode agbalẽ la duxɔlawo si ɖo ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi, be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, woawu wo, eye woagblẽ wo, ɖeviwo kple tsitsiawo, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa le ŋkeke ɖeka dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Wotsɔ agbalẽa na dɔtsɔlawo be woatsɔ ayi nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe blibo la me, ale be woaɖe gbe be woawu Yudatɔwo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyɔnuwo kple vidzĩwo siaa le ɣleti wuievelia, Ada ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo abe afunyinuwo ene.

Onani mutuwo Koperani




Ester 3:13
14 Mawu Ofanana  

Eye duxɔlawo xɔ agbalẽawo le ha la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le Israel blibo la kple Yuda, eye wogblɔ le fia ƒe sedede nu bena Israel-viwo, mitrɔ ɖe Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamleawo, siwo gatso Asur-fia si me la ŋu!


Elabena wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, woawu mí, eye woagblẽ mía dome. Ɖe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.


gblɔ bena: Ne edze fia la ŋu, eye wòve nunye, ne nya sia nyo fia ŋu, eye nye nu nyo fia ŋu la, ekema nena woaŋlɔ agbalẽ, ne woagblẽ agbalẽ, si Hamedata vi Haman, Agagitɔ, ŋlɔ heɖo ta me be, yeatsrɔ̃ Yudatɔwo le fia ƒe anyigbawo katã dzi la me.


Le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar la ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia, si dzi woawɔ fia ƒe nya kple eƒe sea dzi la dzi, gbesigbe Yudatɔwo ƒe futɔwo le mɔ kpɔm be, yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, nya la trɔ be, Yudatɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ketɔwo dzi.


amesiwo nye Hamedata vi Haman, Yudatɔwo, ƒe ketɔ ƒe ŋutsuvi ewoawo; ke womede asi aboyonuwo ŋu o.


Eye Yudatɔwo tsɔ yi dza woƒe futɔwo katã, wowu wo, eye wotsrɔ̃ wo, eye wowɔ woƒe ketɔwo alesi dze wo ŋu.


Nye ŋkekewo le abla dem wu duƒula; wosi, eye womekpɔ dzɔgbenyuiea ɖeke o.


Medɔe ɖe dukɔ vɔ̃ɖi la ŋu, eye meɖe gbe nɛ ɖe nye dɔmedzoe ƒe dukɔ la ŋu, ne wòaɖe aboyo, wòaha nu, eye wòafanyae abe ba le kpɔdome ene.


Duƒula yi ɖakpe duƒula, eye duxɔla yi ɖakpe duxɔla, ne woagblɔ na Babel-fia be, wòxɔ eƒe du la le goawo katã me,


Woƒe afɔwo ɖe abla, be woakɔ ʋu ɖe anyi,


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!


Etsɔ yi tsrɔ̃ Nob, si nye nunɔlawo ƒe du la, eye wotsɔ yi wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple tedziwo kpakple alẽwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa