Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Esi wodzro nya la me kpɔ be, ele me la, wohe wo ame eve la ɖe ati ŋu, eye woŋlɔe ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ me na fia la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me.

Onani mutuwo Koperani




Ester 2:23
11 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao atso ta le nuwo, eye woahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo ava ɖu wò ŋutilã.


Ke ena wohe aboloƒolawo ƒe amegã ya ɖe ati ŋu, abe alesi Yosef ɖe egɔme na wo ene.


elabena ne wodzro fofowòwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me la, ekema akpɔe le nyadzɔdzɔgbalẽ la me, adze sii be, du sia nye aglãdzedu, si be gbegblẽva fiawo kple anyigbawo dzi, eye wodzea aglã le eme tso gbaɖegbe ke; eyatae wogblẽ du sia ɖo.


Eƒe nu gã wɔwɔwo kple nu klitsu wɔwɔwo katã kpakple Mardoxai ƒe ŋkɔxɔxɔ, alesi fia la ɖo gãe la, woŋlɔ wo ɖe Media kple Persia-fiawo ŋɔli ƒe ŋutinyagbalẽ me.


Tete srɔ̃ Zeres kple xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ bena Na, woatu ati wòakɔ abɔklugui blaatɔ̃, eye etsɔ la nagblɔe na fia la, ne woahe Mardoxai ɖe eŋu; emegbe nayi kplɔ̃ ŋu kple dzidzɔ kpakple fia la! Eye nya la dze. Haman ŋu, eye wòna wotu ati la.


Le zã ma me la fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e, eye wògblɔ be, woatsɔ ŋkuɖoɖo nyadzɔdzɔwo dzi ƒe agbalẽ vɛ, eye woxlẽe na fia la


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si; Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.


Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa