Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye fia la tu aglo gãa ɖe na eƒe amegãwo katã kple eƒe dɔlawo, si nye Ester ƒe aglo; ena anyigbawo dzinɔlawo dzudzɔ dɔwɔwɔ, eye wòna nu, abe alesi dze fia ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me.

Onani mutuwo Koperani




Ester 2:18
14 Mawu Ofanana  

Tete Laban kpe dua me ŋutsuwo katã, eye wòɖo kplɔ̃ na wo.


Eye Lewi-viwo la akɔ na dukɔ blibo la gblɔ bena: Mizi ɖoɖoe, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ; eye migaxa nu o!


Woku aha ɖe sikakpluwo me, eye kplu ɖesiaɖe le vovo, eye fia ƒe wein so gbɔ taŋ, abe alesi dze fia ene.


abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.


Mi Zion-nyɔnuviwo, mido va, ne míakpɔ fia Salomo le fiakuku, si dadaa ɖɔ nɛ la me le eƒe srɔ̃ɖegbe, le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe!


Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via,


Eye le ŋkeke, si dze eƒe dzi ŋu dzi la Herodes tu aglo le eƒe dzigbeŋkeke dzi na eƒe amegãwo kple aʋafia gãwo kpakple Galilea-me ŋkutawo;


Ne amea ɖe kpe wò va srɔ̃ɖeƒe la, meganɔ nɔƒe gbãtɔ o; ɖewohĩ wokpe ame ŋkuta wu wò vɛ:


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.


Bia wò ɖekakpuiawo, ne woagblɔe na wò! Eyata ve wò ɖekakpuiwo nu, elabena ŋkeke nyui dzi mieva. Na nusi le asiwò la wò dɔlawo kple viwò Dawid!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa