Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi wòɖo Ester, amesi nye Mardoxai tɔdia Abixayil ƒe vinyɔnu, si wòxɔ wo vianyɔnui dzi, be wòayi fia gbɔ la, mebia naneke o, negbe nusi fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla ɖo la ko. Eye Ester nu nyo amesiwo katã kpɔe la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe.

Onani mutuwo Koperani




Ester 2:15
10 Mawu Ofanana  

Ne eyi le fiẽ, eye wòtrɔ gbɔ va nyɔnuwo ƒe aƒe evelia me le ŋdi le fia ƒe aƒe dzikpɔla Saasgaz, amesi nye ahiãwo ŋudzɔla ƒe dzikpɔkpɔ te la, ekema mekpɔ mɔ agayi fia la gbɔ o, negbe ne eƒe nu nyo fia ŋu, eye wòyɔe hafi.


Wokplɔ Ester yi fiasã me le fia Axasweros gbɔ le dzinu ewolia, si nye dzinu Tebet la me, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.


eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo,


Gbemagbe fia Axasweros tso Yudatɔwo ƒe ketɔ Haman ƒe aƒe na fiasrɔ̃ Ester. Eye Mardoxai va fia la ŋku me, elabena Ester gblɔ amesi wònye la nɛ.


Eye fiasrɔ̃ Ester, Abixayil ƒe nyɔnuvi, kple Yudatɔ Mardoxai woŋlɔ agbalẽ zi evelia le Purim ŋuti heté gbe ɖe dzi be, woaɖo kpe eɖzi wòanye kɔnu.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye amehehe, si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ nye xoxo na bubu.


Ke ɖeka koe nye nye; ahɔne, nye ame dzadzɛ, eya nye dadaa ƒe tenu, nɔa ƒe nu vevi. Nyɔnuviwo kpɔe, eye woyrae, fiasrɔ̃wo kple ahiãwo kafui.


Gli menye, eye nye nowo le ahe xɔ tsralawo ene; eye mekpɔ ŋutifafa le eŋku me.


eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa