eye fia la neɖo dzikpɔlawo ɖe eƒe fiaɖuƒe ƒe anyigbawo katã dzi, ne woaƒo ɖetugbi dzetugbewo katã nu ƒu ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe me le Susa-mɔ̃ me, eye woatsɔ wo ade fia ƒe aƒe dzikpɔla Hegai, amesi nye nyɔnuwo ŋudzɔla si me, eye wòasi atike na wo,
Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.
Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!