Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Ester 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye fia la bia gbe, amesiwo nya ɣeyiɣi me la se be: — elabena alea fia la tsɔa eƒe nyawo ɖoa amesiwo nya seawo katã kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me la ŋku mee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ke asi wònye woƒe kɔnu be fia la naxɔ aɖaŋu le se kple afiatsotso ƒe nyawo me le ame siwo nya se nyuie gbɔ la, eƒo nu kple nunyala siwo se ɣeyiɣiawo gɔme nyuie.

Onani mutuwo Koperani




Ester 1:13
11 Mawu Ofanana  

Amesiwo tso Isaxar-viwo dome la, wonye amesiwo nunya le tagba na, eye wonya ɣeyiɣi, si dzi Israel awɔ nane; woƒe tatɔwo le ame alafa eve, eye wo nɔviwo katã sea woƒe gbe.


Amesiwo tso Zebulon-viwo dome va aʋakɔa me, eye wotsɔ aʋawɔnu vovovowo bla akpae la, wole ame akpe blaatɔ̃, woƒo ƒu ɖe du, eye dzi ɖeka li na wo.


Ke fiasrɔ̃ Wasti gbe fia ƒe nya, si wòde aƒe dzikpɔlawo si la, eye meva o. Tete fia la nyrã ŋutɔ, eye dzi bi ɖe dɔ me nɛ.


Dukɔwo ƒe fia, amekae mavɔ̃ wò o ma? Elabena wòe wòdze; elabena amea ɖeke mele dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome, si le abe wò ene o.


Tete dzi ku fia la, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔ hede se be, woawu Babel-nunyalawo katã.


Tete fia la de se be, woayɔ dzotɔwo kple bokɔnɔwo, gbesalawo kple Kaldeatɔwo vɛ, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la; eye wova hetsi tre ɖe fia la ŋku me.


Daniel do ŋn na fia la gblɔ bena; Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, hokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o.


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Eye ŋdi la miegblɔna bena: Egbe la tsi le dzadza ge; elabena dziƒo biã, eye woxe lilii. Alakpatɔwo, miedzea si dziƒo ƒe nɔnɔme, aleke wɔ miate ŋu adze si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o mahã?


Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa