Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 6:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke miayi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 6:4
32 Mawu Ofanana  

Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!


Eye na dzi blibo vinye Salomo, ne wòalé wò sewo, nufiafiawo kple ɖoɖowo me ɖe asi wòawɔ nuawo katã aɖe goe, eye woatu fiasã, si ŋu medzra nuawo ɖo ɖo la!


He to na viwò, elabena mɔkpɔkpɔ gali; ke megaɖo ɖe tame be, yeawui o.


Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.


Mia ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eve tsi la, mate ɖa le edzi o.


Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.


He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ.


Agbagbea, agbagbea koe akafu wò, abe alesi mele wɔwɔm egbe sia ene; fofo ɖea wò nyateƒe fiãa viwo.


„bene wòanyo na wò, eye nana agbe didie le anyigba dzi!“


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mo dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.


Mi fofowo la, migado dziku na mia wo, bene dzika nagatso wo ƒo o.


esi medo ŋku xɔse alakpa manɔmee, si le mewò, si na mamãwo Loide kple dawò Eunike me gbã la dzi, eye menyae pete be, ele wò hã mewò.


eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Manoax gblɔ bena Ne wò nya la va me la, ekema kɔ ka woanyi na ɖevi la, eye nuka woawo nɛ?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa