migatu xɔ o, migaƒã nuku o, eye migade weingble alo ɖe nanye mia to o; ke boŋ minɔ agbadɔwo me le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, ne mianɔ agbe eteƒe nadidi le anyigba, si dzi míenye amedzro le la dzi.
Eɖanye nyui alo vɔ̃ o, Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe kokoko míase, amesi gbɔ míele ɖowòm ɖo, be eme nanyo na mí, le esi míeɖo to Yehowa, mía Mawu ƒe gbe ta.
Lé nya, siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye naɖo to wo, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo tegbee, le esi nèwɔ nusi nyo, eye wòdza le Yehowa, wò Mawu, ŋku me ta.
eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.
Bu fofowò kple dawo, abe alesi Yehowa, wò Mawu, ɖe se na wò ene, bena nanɔ agbe didie, eye wòanyo na wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.
Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.