Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 6:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Amenuveve nanɔ anyi kple amesiwo katã lɔ̃a mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖikaɖika la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo katã ɖe lɔlɔ̃ makumaku fia míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo la.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 6:24
16 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: „Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.“


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo;


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Nyemele egblɔm abe sedede ene o, ke boŋ metsɔ ame bubuwo ƒe veviedodo do miaƒe lɔlɔ̃ hã ƒe vavãnyenye kpɔ.


Ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kple xɔse, si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana nɔviawo.


Paulo kple Timoteo, Yesu Kristo ƒe dolawo, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔe, siwo katã le Kristo Yesu me le Filipi la, kple dzikpɔlawo kple subɔlawo hã:


Ɖuɖɔ, si nye Paulo metsɔ nye asi ŋlɔe la, enye si. Miɖo ŋu nye kɔsɔkɔsɔwo! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie,


Amesiwo katã le gbɔnye la, ɖuɖɔ wò ƒã. Ɖuɖɔ amesiwo katã lɔ̃a mí le xɔse me la nam ƒã. Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã!


Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa