Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 6:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kple xɔse, si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana nɔviawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nenɔ anyi kpli mi.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 6:23
21 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu na wo bena: Miaƒe dzi nedze eme, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu kple mia fofo ƒe Mawu la tsɔ kesinɔnu ɖe miaƒe kotokuawo mele adza me. Miaƒe ga la su asinye. Tete wòkplɔ Simeon do go va wo gbɔ.


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


ŋlɔ ɖo ɖe mi, amesiwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo kple ame kɔkɔe, siwo woyɔ la: Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mia Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Ke ŋutifafa Mawu la nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.


Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!


Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Eye ame alesinu zɔna ɖe mɔ sia nu teƒeteƒe la: Ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ ava wo amesiwo nye Mawu ƒe Israel la dzi!


Amenuveve nanɔ anyi kple amesiwo katã lɔ̃a mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖikaɖika la.


ke mí amesiwo nye ŋkeke tɔwo la, mina mianɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xaxa ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la.


Ele na mí bena, míada akpe na Mawu ɖaasi le mia ta, nɔviwo, abe alesi dze ene; elabena miaƒe xɔse tsina ŋutɔ, eye mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi,


Ke ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana ŋutifafa mi le ɣeawokatãɣi me le nusianu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã!


Ke mía Aƒetɔ ƒe amenuveve sɔ gbɔ geɖe ŋutɔ le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.


Alesi mexlɔ̃ nu wò be, nanɔ Efeso, esime meyina ɖe Makedonia, bene naɖe se na amea ɖewo be, womagafia nu bubu o,


Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.


Mitsɔ lɔlɔ̃nugbugbɔ ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã. Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi amesiwo katã le Kristo Yesu me!


ke mele mɔ kpɔm bena, mava akpɔ wò ɖa kaba, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu.


Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ,


eye migblɔ na nɔvinye la bena: Edɔa, aƒewòmetɔwo dɔa, wò nuwo katã dɔa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa