Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 6:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Azɔ la mitsi tre, eye mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 6:14
13 Mawu Ofanana  

Eye esi Moab blibo la se be, fiawo ho, be woawɔ aʋa kple yewo la, woƒo amewo katã nu ƒu, amesiwo bla akpa kple bubuwo siaa, eye wodze aʋa ɖe liƒo dzi.


Dzɔdzɔenyenye enye nye awu, si medona, eye nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le abe awu ʋlaya kple tablanu ene.


Dzɔdzɔenyenye anye alidziblanu le eƒe ali, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.


Edo dzɔdzɔenyenye abe ga wu ene, eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe la; eta hlɔ̃biabia abe ava ene, eye wòda ŋuʋaʋã ɖe abɔ abe taɖedzi ene.


Mina miaƒe aliwo dzi nanɔ babla, eye miaƒe akaɖiwo nanɔ bibim;


Zã la va yi vɔ, eye ŋu le kekem! Azɔ la minɛ miaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa, eye miado kekeli ƒe aʋawɔnuwo!


le anukwarenya me, le Mawu ƒe ŋusẽ me; heto dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu, siwo le nuɖusi me kple mia me la me,


Mizɔ abe kekeliviwo ene! Elabena kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.


Eyata mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.


ke mí amesiwo nye ŋkeke tɔwo la, mina mianɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xaxa ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la.


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzewo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me.


Eye akɔtakpoxɔnu le wo si abe gakɔtakpoxɔnu ene, eye woƒe aʋalawo me ƒe ɖiɖi le abe tasiaɖam kple so geɖe, siwo le du sim yina aʋa la ƒe ɖiɖi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa