Wowɔ Yonadab, Rexab vi ƒe se, si wòde na viawo be, womegano wein o la dzi, eye womenoe o vaseɖe egbe, elabena woɖo to wo fofo ƒe sedede. Nye la meƒo nu kpli mi ɖaa atraɖi, gake miegbe toɖoɖom.
Eye Yeremya gblɔ na Rexab viwo ƒe aƒe la bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi mieɖo to mia fofo Yonadab ƒe se la, mielé eƒe seawo katã me ɖe asi, eye miewɔ, abe alesi wòɖe se na mi ene la,
Mieɖo to mia fofo Yonadab, Rexab vi ƒe gbe le nusiwo katã ŋu wòde se na mí le me, ale be mía kple mía srɔ̃wo, mía ŋutsuviwo kple mía nyɔnuviwo míeno wein le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me o;
Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.
bene míaxɔe le Aƒetɔ me, alesi dze ame kɔkɔewoe la, eye miakpe ɖe eŋuti le dɔ sia dɔ, si me wòhiã mi le la me; elabena eya ŋutɔ hã nye kpeɖeŋutɔ na ame geɖe, eye na nye ŋutɔ hã.
Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.
Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosia ɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawo nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzia wo: elabena esia nyo le Mawu ŋku me.
Eye Dawid fɔ ŋdi kanya hetsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔla, eye wòdo agba heyi, abe alesi Isai de se ne ene; eye wòva tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, esime aʋakɔ la dze aʋa ɖe asi aseyetsotso me.