Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 5:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 elabena amea ɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi, abe alesi Aƒetɔ la wona na hame la ene;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 5:29
13 Mawu Ofanana  

Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.


Dɔmenyotɔ woa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevee eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.


Bometsila ɖe asi asitɛ me hele eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ɖum.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Gbemeti atse ku, anyigba awu nu, eye woano woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkuti, eye meɖe wo tso amesiwo wonye kluvi na la si me.


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã?


ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo;


Nenema ke wòle na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui;


elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.


„Eyata ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la katã woanye ŋutilã ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa