Ke nuwo katã le asinye, eye megba go; elabena esi mexɔ miawo tso mia gbɔ to Epafrodito si me, nusiwo nye ʋeʋẽ lilili kple vɔsasa nyui, si dze Mawu ŋu la, meyɔ fũ.
Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosia ɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawo nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzia wo: elabena esia nyo le Mawu ŋku me.
Elabena ne woƒo mi le nuvɔ̃wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, adegbeƒoƒo ka wònye ma? Ke ne míekpe fu le nu nyui wowɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.
eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.
Eye Dawid ta eƒe yi ɖe awu la dzi, eye wòde asi zɔɖeɖe me, elabena mete edodo kpɔ o. Tete Dawid gblɔ na Saul bena: Nyemate ŋu anɔ alea ayi o, elabena nyemedoe kpɔ o. Eye Dawid ɖe wo ɖi.