Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Mawu ɖeka, si nye wo katã Fofo, amesi le wo katã dzi, eye wòto wo katã me, eye wòle wo katã me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Mawu ɖekae kple Fofo ɖeka na mí katã, ame si nye nuwo katã, eye wòle nu sia nu me.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 4:6
31 Mawu Ofanana  

Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi.


Wòe nye mía fofo, elabena Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o. Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye „mía ɖela“ tso gbaɖegbe ke.


Ɖe menye fofo eɖekae li na mi katã oa, eye ɖe menye Mawu fɖekae me mi oa? Nukaŋuti mia dome amesiame awɔ nu tovo ɖe ehavi ŋu, ne míagblẽ kɔ ɖo na mia fofowo ƒe nubabla la?


Ke woawo tsyɔ mo anyi hegblɔ bena: Oo, Mawu, si nye agbegbɔgbɔ, si le ŋutilãwo katã me la, ƒe Mawu! Esi ame ɖeka wɔ nuvɔ̃ la, eye nèle dɔmedzoe dom ɖe ha blibo la ŋua?


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.


eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã mana woawo me.


Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.


Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Eye ŋusẽdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Mawu ma ke, si wɔa dɔwo katã le amewo katã me lae.


gake la Mawu ɖeka, si nye Fofo, amesi me nuwo katã tso, eye miawo mieli nɛ la, kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, amesi me nuwo katã to va, eye miawo mieto eyama me la, li na mi.


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã,


amesi me wotu miawo hã kpe ɖe eŋuti le, bene mianye Mawu ƒe nɔƒe le Gbɔgbɔ la me.


bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me,


Ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kple xɔse, si tso Mawu, Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana nɔviawo.


Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!


Eye amesi léa eƒe seawo me ɖe asi la, enɔa eme, eye eya hã nɔa eme. Eye esia me miedze sii le be, enɔa mía me, le Gbɔgbɔ, si wòna mi la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa