Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 4:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 nenye ɖe miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eme, alesi nyateƒe la le Yesu me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Vavã miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eya amea me, le nyateƒe si le Yesu me la nu.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 4:21
20 Mawu Ofanana  

Ta wò yi, wò bubu kple wò atsyɔ̃ɖoɖo ɖe ali, wò kalẽtɔ!


Esi wogale nuƒoƒo la dzi la, kpo ɖa, alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi; eye kpɔ ɖa, goe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!


Amesi ɖoa to mi la, nyee wòdoa toe, eye amesi gbea mi la, nyee wògbena; ke amesi le gbeyem la, ele amesi dɔm ɖa la gbem.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme;


Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, amea ɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.


Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?


Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le; eyaŋuti amen la to eya hã dzi hena Mawu ƒe kafukafu to mia dzi.


Ne menye Kristo ƒe nyateƒe la le menye o fĩ, womagatsi adegbeƒoƒo sia nu nam le Axaya ƒe nutoawo me o.


amesi me miawo hã miele, esime miese nyateƒe la ƒe nya, si nye miaƒe xɔxɔ ƒe nyanyuie la, amesi me hã, esime miexɔ se la, wotre mia nu kple ŋugbedodo ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la le,


Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.


le mɔkpɔkpɔ, si wodzra ɖo na mi le dziƒowo me, si miese tsã le nyanyuie ƒe nyateƒenya la me la ŋuti,


esi va mia gbɔ, abe alesi wòle xexe blibo la katã hã me ene, eye wòtsea ku, eye wotsina, abe alesi wòle le miawo hã mia dome tso ŋkeke ma, si dzi miese, eye miedze si Mawu ƒe amenuveve le nyateƒe me la ene,


eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, eye miagba go le akpedada me.


Ke míenyae bena, Mawu ƒe Vi la va, eye wòna gɔmesese mí, bene mianya nyateƒetɔ la; eye míele nyateƒetɔ la me, le Via Yesu Kristo me. Esiae nye Mawu vavã la kple agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa