Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, ame aɖewo nye nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo nye osɔfowo kple nufialawo,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 4:11
19 Mawu Ofanana  

Ŋkeke nanewo va yi, le esiwo me Mawu vava la kple nunɔlawo, siwo nye nufialawo, kpakple sea ɖeke mena Israel si o.


eye mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi nu, ne woatsɔ nunya kple gɔmesese akplɔ mi.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye nyagblɔɖila kple nufialaa ɖewo le ha me, si le Antioxia la me, siwo nye, Barnaba kple Simeon, si woyɔna be Niger, kple Lukio, Kirenetɔ kple Manahem, amesi wonyi kple dzidula Herodes, kple Saul.


Eyaŋuti mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Aƒetɔ ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ ƒe ʋu la.


Eye esi ŋu ke la, miedzo va Kaisarea, eye mieyi ɖe nyanyuiegblɔla Filipo ƒe me, amesi nye ame adreawo dometɔ ɖeka, eye mienɔ egbɔ.


nenye subɔsubɔ la, mianɔ subɔsubɔ dzi; ne amea ɖe le nu fiam la, nena nufiafia dzi;


Ke amenuvevenunana bubu ƒomeviwo li, gake Gbɔgbɔ ma kee,


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,


Eyata wogblɔ be: „Eyi dzi me ʋĩ,“ eye woɖe aboyo aboyomewo yii, eye wòna nunanawo amewo.


Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.


Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.


Ke, mi hiãtɔwo, miɖo ŋku nya, siwo mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ tsã la dzi,


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa