Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Amesi va anyi la, eya ke ganye amesi yi dziƒowo katã ƒe dziƒo hã, bene wòayɔ nuwo katã taŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Eya ame si ɖi va anyi la, eya kee lia yi dzi ʋĩi, gbɔ dziƒowo ŋu ʋĩi, be wòayɔ xexea me katã.)

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 4:10
24 Mawu Ofanana  

Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã nava ve me o.


Eye wògblɔ na wo bena: Esiawo nye nye nya, siwo megblɔ na mi, esi megali kpli mi la bena: Ele be, woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo kpakple Psalmowo me le ŋutinye la nu.


Elabena tso eƒe agbɔsɔsɔ me la mi katã miexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.


Tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Migana miadze eya o, ke boŋ miadzidze nu ɖe edzi, amesi tɔ woazu, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu, si gblɔ bena: „Womã awunyewo na wo nɔewo, eye nye awu ʋlaya la wodzidze nu ɖe edzi.“ Nenem nusiawo asrafoawo wɔ.


Esia megbe la, esi Yesu nyae bena, wowu nuwo katã nu azɔ, bena ŋɔŋlɔ la nava ve me la, egblɔ bena: Tsikɔ le wuyem!


Elabena nusiawo va ve me, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Wo-mele eƒe ƒua ɖeke ŋe ge o!“


amesiwo hã gblɔ bena: Galilea ŋutsuwo! Nuka wo miele tsitre le dziƒo kpɔm? Yesu sia, si woxɔ tso mia gbã yi dziƒo la, agava nenema ke, abe alesi miekpɔe wòle dziƒo yim ene.


Eye esi wògblɔ nusiawo, eye wole ekpɔm la, wokɔe yi dzi, eye alilikpo xɔe tso woƒe ŋkuwo me.


Azɔ la esi wodoe ɖe dzi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wòxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo hã tso Fofoa gbɔ la, etrɔ nusi kpɔm miele kple nusi Sem miele la kɔ ɖe anyi.


Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.


Menya amea ɖe le Kristo me, ano ƒe wuiene enye esi — eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae — wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke.


eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sa la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.


elabena edze Mawu ŋu bena, agbɔsɔsɔ blibo la katã nanɔ eyama me,


Elabena Mawu ƒe agbɔsɔsɔme blibo la katã nɔ eyama me le ŋutilã ƒe nɔnɔme,


Eye edze ƒã bena, gã enye mawusosroɖa ƒe nya ɣaɣla la: Mawu ɖe eɖokui fia le ŋutilã me, wotso afia nɛ le Gbɔgbɔ me, eɖe eɖokui fia mawudɔlawo, woɖe gbe ƒãe le trɔ̃subɔlawo dome, woxɔ edzi se le xexeame, woxɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.


Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe.


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa