Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake fifia la, eɖee fia eƒe apostolo kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 3:5
24 Mawu Ofanana  

nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di be, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miele, eye womekpɔe o; eye be, yewoase nusiwo sem miele la, eye womesee o.


Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me.


Eyaŋuti kpɔ ɖa, mele nyagblɔɖilawo, nunyalawo kple agbalẽfialawo dɔm ɖe mia gbɔ; miawu wo dometɔa ɖewo, eye miahe wo ɖe ati ŋuti, miaƒo wo dometɔa ɖewo kple atam le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome tso du me yi du me,


elabena mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖila kple fia geɖewo ɖi bena, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miawo miele, eye womekpɔe o, eye be, yewoase nusiwo sem miele, eye womesee o.


Le esia ta hã Mawu ƒe nunya gblɔ bena: Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo aɖo ɖe wo gbɔ, eye woawu wo dome ɖewo, eye woati wo yome,


Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.


Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Ke amesi ate ŋu ado ŋusẽ mi le nye nyanyuie kple Yesu Kristo ƒe gbeƒãɖeɖe la nu ɖe nya ɣaɣla, si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke la, ƒe ɖeɖefia la nu,


Ke miawo la Mawu ɖee fia mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi; elabena Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


eye bene mana keklẽ naklẽ na wo katã, bene woanya nusi nye nya ɣaɣla, si woɣla ɖe Mawu, si wɔ nuwo katã la me tso ŋɔli mavɔwo me la, ƒe nuɖoanyi la,


bene miaɖo ŋku nya, siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ ɖi tsã la, kple Aƒetɔ kple xɔla ƒe se, si wòde to miaƒe apostolowo dzi la dzi.


Ke, mi hiãtɔwo, miɖo ŋku nya, siwo mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ tsã la dzi,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa