Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sa la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 3:19
24 Mawu Ofanana  

Ke nye la makpɔ wò mo le dzɔdzɔenyenye me, eye ne menyɔ la, wò nɔnɔme aɖi ƒo nam.


ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la!


Woayra amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum ta; elabena woawoe aɖi ƒo.


Elabena tso eƒe agbɔsɔsɔ me la mi katã miexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.


Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.


Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã?


eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubua ɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.


si nye eƒe ŋutilã; eya amesi yɔ nuwo katã fũ le wo katã me la ƒe agbɔsɔsɔ la.


eye wòali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi le lɔlɔ̃ me, bene mi kpakple ame kɔkɔewo katã míate ŋu adze si nusi nye kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme,


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtso ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene,


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


amesi miele kpɔkpɔm o, gake mielɔ̃nɛ; amesi miekpɔ haɖe o, gake miexɔa edzi sena, eye mietsɔa dzidzɔ, si mele gbɔgblɔ o, si ŋutikɔkɔe li na la, tsoa aseye,


Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa