Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 2:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 bene le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me la, wòaɖe ye ŋutɔ ƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe, si ƒo wo katã ta la, ɖe go afia le dɔmekɔkɔ, si wòka ɖe mía ŋu la me le Kristo Yesu me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 2:7
13 Mawu Ofanana  

Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!


Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.


Esi wogblɔ wò ɖi, wogbe wò nya, eye amea ɖeke meto ŋuwò yi o ta la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃e tegbee kple dzidzɔ na ƒomeawo katã.


Alo ɖe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye menyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã?


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


Ke Mawu, amesi nye kesinɔtɔ le nublanuikpɔkpɔ me la, le eƒe lɔlɔ̃ geɖe, si wòtso lɔ̃ mí la ŋuti,


eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe la le ha me le Kristo Yesu me yiɖase dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,


bene wòakɔ mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ŋuti le mia me, eye wòakɔ miawo hã mia ŋuti le eyama me le mía Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la nu.


Ke esime Mawu, mía xɔla ƒe dɔmenyonyo kple amelɔlɔ̃ do la,


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa