Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 2:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena eya kee nye míaƒe ŋutifafa, amesi tsɔ mí kpakple eve la katã wɔ ɖeka, eye wòmu mamã ƒe gli, si nye adikã la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 2:14
28 Mawu Ofanana  

Tete Haman gblɔ na fia Axasweros bena: Dukɔ ɖekaa ɖe li, si kaka, eye, wòmã ɖe dukɔwo dome le wò fiaduƒe ƒe anyigbawo katã dzi; woƒe sewo to vovo tso dukɔ sia dukɔ tɔ gbɔ, eye womewɔa fia ƒe sewo dzi o; eyata medze fia be, wòazi kpi akpɔ wo alea o.


Woatsɔ yi agblẽ Asur ƒe anyigba la, eye woadi yi agblẽ Nimrod ƒe anyigba la; woaɖe mi tso Asur si me, ne eva míaƒe anyigba dzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ míaƒe llƒowo dzi la.


Eyama atu Yehowa ƒe gbeɖoxɔ la, eye atsyɔ̃ anɔ eŋu, abɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia, anye nunɔla anɔ eƒe fiazikpui dzi, eye ŋutlfafa anɔ woa kple eve la dome.


be wòaklẽ na amesiwo bɔbɔ nɔ viviti kple ku ƒe vɔvɔli me, be wòaɖo míaƒe afɔwo ŋutifafa ƒe mɔ dzi.


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.


eye menye de dukɔ la ta ɖeɖeko o, ke boŋ, bena wòaƒo mawuvi, siwo kaka la, nu ƒu ɖekae.


Esiawo megblɔ na mi, bena míakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.


Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


Azɔ la Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.


esi wòɖe se la ƒe sededewo le nyaɖoɖowo me la ɖa le eƒe ŋutilã me, bene wòatsɔ wo ame eve la katã awɔ ame yeye ɖeka le ye ŋutɔ ɖokui me, eye wòwɔ ŋutifafa,


Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.


amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ,


amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã, eye wobiae ɖekae, eye woto ƒunuɖeƒewo katã ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, hewu ŋutilã ƒe tsitsi la nu hena tutu le lɔlɔ̃ me.


eye wòto eyama dzi lé avu le nuwo katã kple eɖokui dome, esi wòto eƒe atitsoga ƒe ʋu la me wɔ ŋutifafa kple nusiwo le anyigba dzi kpakple nusiwo le dziƒowo la, to eyama dzi.


Ne mia kple Kristo mieku na xexe sia me ƒe gɔmedzenuwo la, ekema nukaŋuti miena wogale se dem na mi abe ɖe miegale agbe le xexeame ene bena:


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo!


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


amesi hã Abraham tsɔ nuawo katã ƒe ewolia na la; wotso ŋkɔ nɛ gbã be dzɔdzɔenyenye ƒe fia; ke emegbe la wotrɔe be Salem-fia, si gɔme enye ŋutifafa fia:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa