Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyaŋuti la miɖo ŋku edzi bena, tsã la mi amesiwo nye trɔ̃subɔlawo le ŋutilã me, amesiwo woyɔna be aʋamatsomatso le amesiwo woyɔna be aʋatsotso, si wotsɔ asi wɔ le ŋutilã me la gbɔ la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be “aʋatsotsotɔwo” (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be “aʋamatsomatsotɔwo” la,

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 2:11
29 Mawu Ofanana  

Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta.


Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta.


Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me.


Ke ne wòŋe alɔwo dome ɖewo ɖa, eye wò, si nye gbemiti la, wotsɔ wò do ɖe wo dome, eye nèkpɔ amiti la ƒe kè kple eƒe atimetsi ƒe gome kpli wo la,


Azɔ la, ne aʋamatsomatsotɔ dzra se la ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔewo ɖo la, womabu eƒe aʋamatsomatso la aʋatsotso nɛ o mahã?


Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi.


Mienyae bena, trɔ̃subɔlawo míenye tsã, eye miena wohe mi yi ɖe trɔ̃ maƒonuwo gbɔ, abe alesi wokplɔ mi ene.


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


Míawo la Yudatɔwo míenye tso dzɔdzɔme, eye míenye nuvɔ̃wɔlawo tso trɔ̃subɔlawo dome o;


Ame alesi nu le didim be, yewoadze nyuie le ŋutilã me la, woawoe zi mia dzi, bena miana woatso aʋa na mi, le esia ta ko, bene woagatsɔ Kristo ƒe atitsoga la ati wo yome o.


esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu —


elabena tsã la mienye viviti, ke azɔ la míezu kekeli le Aƒetɔ la me.


Ɖo ŋku edzi bena, wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle, eyata mede se sia na wò agbea ɖo.


Ɖo ŋku dzi be, enye kluvi kpɔ le Egipte; lé ɖoɖo siawo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu, tso asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kplɔ wò tso afima; eyata Yehowa, wò Mawu, de se na wò be, nadzra dzudzɔgbe la ɖo.


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Ɖo ŋku edzi, eye megaŋlɔ alesi nèɖo dɔmedzoe na Yehowa, wò Mawu, le gbedzi la be o! Miesẽ to ɖe Yehowa ŋu, tso gbesigbe ke mieʋu tso Egipte, vaseɖe esime mieva teƒe sia.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


Eye mi amesiwo nye ame tutɔwo kple ketɔwo le miaƒe tamesusu me le dɔwɔwɔ vɔ̃wo me tsã la;


amesi me wotso aʋa na mi le hã kple aʋatsotso, si menye asi wotsɔ tsoe o, to ŋutilã ƒe ame blibo la ƒe ɖeɖeɖa me le Kristo ƒe aʋatsotso me,


Eye mi, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple miaƒe ŋutilã ƒe aʋamatsomatso me la, egbɔ agbe mi kpakplii hã, esi wotsɔ dzidadawo katã ke mi,


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Tete Dawid bia ŋutsu, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Nuka woawɔ na amesi awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la? Elabena ameka nye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?


Alesi wò ɖɔla ƒoa dzata kple sisiblisi la, nenema ke wòava me na Filistitɔ bolotɔ sia abe wo dometɔ ɖeka ene, elabena Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu wòɖe alɔme le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa