Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Efesotɔwo 1:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 si nye eƒe ŋutilã; eya amesi yɔ nuwo katã fũ le wo katã me la ƒe agbɔsɔsɔ la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũu, eye eƒe nɔnɔme le nu sia nu me.

Onani mutuwo Koperani




Efesotɔwo 1:23
19 Mawu Ofanana  

Elabena tso eƒe agbɔsɔsɔ me la mi katã miexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi.


Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ.


Eye ŋusẽdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Mawu ma ke, si wɔa dɔwo katã le amewo katã me lae.


Ke ne wotsɔ nuwo katã de ete la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tso nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.


eye wòlé avu le wo ame eve la siaa kple Mawu dome le ŋutilã ɖeka me to atitsoga me, esi wòwu adikã la le eɖokui me.


bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la


eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sa la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.


Amesi va anyi la, eya ke ganye amesi yi dziƒowo katã ƒe dziƒo hã, bene wòayɔ nuwo katã taŋ.


bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu,


halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ,


Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka, abe alesi ke woyɔ mi hã le mia yɔyɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka la me ene.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


eye melé ɖe ta ŋuti o, amesi gbɔ ŋutilã blibo la katã kpɔa kpekpeɖeŋuti tsonɛ, eye wobiae ɖeka to ƒunuɖeƒeewo kple kawo me, eye wotsina le tsitsi, si tsoa Mawu gbɔ la nu.


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa