Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mia kple nyɔnu, si nèlɔ̃na la, miɖu agbe le wò agbenɔnɔ ƒuƒlu ƒe ŋkekewo katã, si wotsɔ na wò le ɣea le la me, ŋkeke ƒuƒlu, siwo katã nele agbe; elabena esia nye wò agbe kple wò agbagba, si nèdze le ɣea te la ƒe gome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 9:9
14 Mawu Ofanana  

Eye esi wonɔ afima eteƒe didi la, gbe ɖeka Filistitɔwo ƒe fia Abimelex kpɔ, alesi Isak kple srɔ̃a Rebeka wole fefemi, to fesre nu.


Amegbetɔ le abe ƒuƒu ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli, si va yina ene.


Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi!


Amesi si nyɔnu su la, eƒe asi tu nu nyui, eye eƒe nu anyo Yehowa ŋu.


Aƒe kple kesinɔnuwo nye ɖomenyinu tso eme fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona.


Nusianu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o; nyemetsri dzidzɔa ɖeke na nye dzi o, ke boŋ nye dzi kpa dzidzɔ ɖe nye agbagbadzedzewo katã ŋu, eye esia nye tanye gome tso nye agbagbadzedzewo katã me.


Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.


Ke be amea ɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.


Eyata mekpɔ be, enye wu na amegbetɔ be, wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, elabena esia nye eƒe gome. Elabena amekae akplɔe ayi afisi wòakpɔ nusiadzɔ le emegbe la le?


Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.


Elabena ameka nya nusi nyo na amegbelɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe le ɣea te la nɛ?


Nusiwo katã mekpɔ le nye agbe me ŋkeke ƒuƒluawo me la, enye esi: Ame dzɔdzɔea ɖewo tsrɔ̃na ɖe woƒe dzɔdzɔenyenye me, eye ame vɔɖia ɖewo nɔa agbe ɖiɖie ɖe woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ me.


Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa