Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nuvɔ̃wɔla ɖe ka gblẽa nu nyui geɖe dome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Nunya nyo wu aʋawɔnuwo, ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 9:18
22 Mawu Ofanana  

Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Ame abe wò ene, wò vɔɖiwɔwɔ ava dziwò ke; eye wò amegbetɔvi, wò dzɔdzɔenyenye ava dziwò!


Nudzodzoe wuamewo nana amiɖala ƒe ami mina ku heƒaƒãna; bometsitsi ʋeea ɖe kpena wua nunya kple bubu.


Ne lãnu tsi kpo, eye womenyire enu o la, ele be, woahe alɔkame; ke nuwɔwɔ, ne wòadze edzi, enye nunya ƒe viɖe.


Tete mekpɔ be, nunya ƒo bometsitsi ta, ahe alesi kekeli ƒo viviti tae ene.


Elabena nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye; Nunya léa amesi si wole la ƒe agbe ɖe te.


Nunya naa ŋusẽ nunyalawo wu ŋusẽtɔ ewo, siwo le du me.


Tete megblɔ be: Nunya nyo wu ŋusẽ, ke wodoe vlo ame dahe ƒe nunya, eye womeléa to de eƒe nyawo ŋu o.


Alesi Yane kple Yambre wotsi tre ɖe Mose ŋuti la, nenema ke woawo hã wotsi tre ɖe nyateƒe la ŋuti; Ame tamegbegblẽtɔwo, amesiwo meli ke le xɔse me o.


Ɖe Axan, Serax vi, megbe anukwareɖiɖi le busunuawo me, eye dɔmedzoe va Israel-ha blibo la dzi, eye menye eya ɖeka kolia koe ku ɖe eƒe vodada la ta oa?


Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eye Aitɔwo wu wo dome ame blaetɔ̃ vɔ ade, wonyã wotso agbo la nu vaseɖe kpeʋe la me, eye wòsi wo le aga la nu; tete dukɔ la ƒe dzi lolo zu tsi.


De wònye aʋakɔ la ɖe woɖu aboyonu, si wòxɔ le eƒe futɔwo si la, anye ne wometsrɔ̃ Filistitowo geɖe oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa