Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o. Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me alo xevi si woɖe le mɔ me ene.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 9:12
28 Mawu Ofanana  

Ana dzoka nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye dzo, aŋɔ kple ya xɔdzo anye woƒe kplu me nu.


elabena woƒe gbegblẽ aƒo ɖi kpo yi, eye ameka nya woa kple eve la ƒe dzɔgbevɔ̃e?


Mɔ̃tetre le vodada me na nu vɔ̃ɖi wɔlawo; ke ame dzɔdzɔe atso aseye, eye wòakpɔ dzidzɔ.


Eyata eƒe gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi, agbã zi ɖeka, eye hayahaya manɔ eŋu o.


Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.


Esi afia menye tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi doa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ de nu vɔɖi wɔwɔ ŋu.


Amegbetɔa ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ya dzi be, wòaxe ma na ya o; amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe kugbe dzi o, eye asiɖeɖe le ame ŋu meli le aba me o; nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mexɔna na ewɔla o.


Mekpɔ nunya sia hã le ɣea te, eye wòdze gã nam:


Eye amesi ase ŋɔdzi ŋkɔ asi la, age adze ʋe me, eye amesi ado le ʋe me la, mɔ̃ka aɖee. Elabena woʋu dzimefesrewo, eye anyigba ƒe agunu le dzodzom kpekpekpe.


miaƒe vodada sia azu abe gli dzeabi, si le mumũm hetre azã le gli kɔkɔa ɖe ŋu la ene, esi ƒe mũɣi aɖo zi ɖeka kpoyi.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana dukɔ, siwo kpe ta, nada ɖɔ na wò, eye woatsɔ nye ɖɔ ahe wò ɖe go.


Ne wonya yi ko la, mada asabu de wo dzi, maɖidi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene, eye mahe to na wo, abe alesi wotoe na woƒe amehawo ene.


Gbetakpɔ la enye Efrayim de nye Mawu ŋu; mɔ̃ka enye nyagblɔɖila le eƒe toƒewo katã, eye fuléle le eƒe Mawu ƒe aƒe me!


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


Ke minya esia bena, ne aƒeatɔ anya gaƒoƒo, si dzi fiafitɔ ava la, anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe be, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o.


Elabena egblɔ bena: „Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.“ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


Ke amesiawo le abe lã nyasã manɔsitɔ, siwo wodzi hena lelé kple tsɔtsrɔ̃ le woƒe dzɔdzɔme nu la ene: Wogblɔa busunya le nya, siwo womenya kura o la me, eye woatsrɔ̃ hã le woƒe gbegblẽ la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa