Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 9:10
44 Mawu Ofanana  

Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã la akɔ nɛ ʋuu do kpoe, ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsieƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.


Eyata midi Yehowa, mia Mawu la, kple miaƒe dzi kpakple miaƒe luʋɔ, eye mitso, ne miatu Yehowa Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, ne woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ada ɖe xɔ, si tu ge woala na Yehowa ƒe ŋkɔ la me.


Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!


mia kple ŋutsu ʋeea ɖewo mietso le zã; ke nyemegblɔ nusi nye Mawu de dzi me nam, be mawo na Yerusalem la, na amea ɖeke o; eye laa ɖeke meno ŋunye o, negbe lã, si mede la koe.


eye wo kalã wobla be, yewoaho aɖawɔ ana kple Yerusalem, eye yewoaɖe ʋunyaʋunya eme.


Ke esi Yudatɔ, siwo tso teƒewo katã le wo gbɔ la, va gblɔ na mi zi ewo be, mítrɔ va yewo gbɔ la,


hafi mayi, eye nyemagatrɔ agbɔ o, mayi viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi,


anyigba, si dzi viviti do ɖo kpekpekpe, eye wòtɔtɔ hɔlɔhɔlɔ, eye ne ŋu ke la, ele abe blukɔ ene.


Woɖua woƒe ŋkekewo le dzidzɔ me, eye le adahaƒoƒo ɖeka me woɖoa agu yia tsiẽƒe.


Yehowa, trɔ kɔ, ne naɖe nye luʋɔ, xɔ nam le wò amenuveve la ta!


Ne ele asiwò la, megagblɔ na hawòvi be: „Heyi, ne nagava, etsɔ hã mana wò“ o!


Ne tsi ya alilikpowo la, wobunɛ kɔna ɖe anyigba dzi; ne ati mu le dziehe alo anyiehe la, afisi atia mũ ɖo la, afima wòtsina.


Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.


Megblɔ be, mage ɖe tsieƒe ƒe agbowo me le nye ŋkekewo ƒe gbɔɖemeɣi; woda adzo nye ƒe susɔea le asinye!


Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.


Ke Kaleb tsi nya ɖe dukɔ la nu hexɔ ɖe Mose dzi bena: Míate ŋu ade, eye míaxɔe, m ate ŋui kokoko tsã!


Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —


Ele nam bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe dɔwɔwɔwo, zi alesi ŋkeke li; zã gbɔna dodo ge, le esi me amea ɖeke mate ŋu awɔ dɔ o.


Ne veviedodo hiã la, migawo ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwo nusi ɣeyiɣi la hiã!


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Ke ne Timoteo va la, mikpɔ nyuie, bena wòagavɔ̃ le mia gbɔ o, elabena ewɔa Aƒetɔ la ƒe dɔ la abe nye ke ene.


Klo mienyae bena, amesiwo le duɖime kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la o mahã? Mike duɖime nenema, ne miaƒe asi nasu edzi!


Eyaŋuti azɔ nye la mele dudime kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o;


amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti da blibo, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.


eye nusianu, si ke miewɔna la, mi wɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o,


Ne dzesi siawo va me na wò la, ekema wo nusi tsɔ ɖe asi gbɔ na wò, elabena Mawu li kpli wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa