Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 9:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nusiawo katã ŋu metsɔ nye tame ɖo, eye medzro wokɔtã me kpɔ be: Ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kpakple woƒe nuwɔwɔwo le Mawu si me; amegbetɔ medze si lɔlɔ̃ kple fuléle tsã o; wo katã wodo ŋgɔ na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 9:1
31 Mawu Ofanana  

Eya, amesi si me nu gbagbewo katã ƒe luʋɔ kple amegbelɔwo katã ƒe ŋutilã ƒe gbɔgbɔ le!


Kpɔ ɖa, mi katã miekpɔe. Nukaŋuti miege ɖe susu dzodzro siawo me?


Nyee wònyea, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu, eye matsɔ nye nya ade asi na Mawu,


Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.


Melé nye agbe ɖe asiƒome ɖaa, ke nyemeŋlɔ wò se la be o.


Àɖem le ɖɔ, si woɖo nam la me, elabena wòe nye nye sitsoƒe!


Elabena meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.


Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.


Eye esi meɖo ta me enyi, be medze si nunya, eye medze si aɖaʋadzedze kple bometsitsi la, medze sii be, esia hã dagbadagba de ya me wònye.


Bometsila ƒoa nu kpoloe; amegbetɔ menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o, eye ameka agblɔ nusi ava dzɔ le emegbe la nɛ?


Nusiwo katã mekpɔ le nye agbe me ŋkeke ƒuƒluawo me la, enye esi: Ame dzɔdzɔea ɖewo tsrɔ̃na ɖe woƒe dzɔdzɔenyenye me, eye ame vɔɖia ɖewo nɔa agbe ɖiɖie ɖe woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ me.


Eye metrɔ hetsɔ tame ɖo anyi, be madze si nunya kple tamebubu, madzro eme, eye madii, ne manyae be, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la bometsitsi wònye, eye lãnyenye la aɖaʋadzedze wònye.


Nu dzodzroa wònye dzɔna le anyigba dzi be: Ame dzɔdzɔea ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le eme vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔwɔ nu, eye ame vɔ̃ɖia ɖewo li nya dzɔna ɖe wo dzi le ame dzɔdzɔewo ƒe nuwɔwɔ nu. Mebe: Esia hã toflokoe!


Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —


Elabena menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o; eye ameka ate ŋu agblɔ nusi le dzɔdzɔ ge la nɛ?


Woƒe emelɔlɔ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.


Yehowa, ana ŋuti fafa mí, elabena èwɔ míaƒe do wo katã de goe na mí.


ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, fia vinyɔnuwo kple amesiwo katã fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ ɖi ɖe Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi si me la, hekpe ɖe nyagblɔɖila Yeremya kple Barux, Neriya vi la ŋu,


Elɔ̃ dukɔwo, eye eƒe ame kɔkɔewo katã le esi me. Wodze wò afɔ yome, eye netsɔ wò nya kplɔ wòe.


nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.


amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,


Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa