Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Amegbetɔa ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ya dzi be, wòaxe ma na ya o; amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe kugbe dzi o, eye asiɖeɖe le ame ŋu meli le aba me o; nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mexɔna na ewɔla o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o, elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:8
21 Mawu Ofanana  

Elabena ele be, míaku, eye míele abe tsi, si wokɔ ɖe anyigba, eye womagate ŋu aklui o ene; eye Mawu medea amea ɖeke ɖa o, ke boŋ ebua eme kpɔna be, ne maganyã amesi wonyã la ɖa le eɖokui gbɔ o.


Eye wodze wo yome vaseɖe kekeke Yordan nu, eye kpɔ ɖa, mɔ blibo la dziya fũ kple awuwo kple aʋawɔnuwo, siwo Aramtɔwo tsɔ ƒu gbe, esime wole sisim. Eye dɔlawo gbugbɔ va gblɔe na fia la.


Ne woɖo eƒe ŋkekewo, eƒe dzinuwo ƒe xexlẽme le gbɔwò, eye nèdo liƒo nɛ, si dzi magbɔ o la,


Ne edia eɖokui tɔ ko, eye wògbugbɔ eƒe gbɔgbɔ kple eƒe agbe gagbɔ ɖe eɖokui me la:


Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe!


Yehowa de eɖokui fia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu; ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe eya ŋutɔ. Miyro saŋkuawo! Sela.


Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mana amegbetɔ nali ɖi o; ke ame dzɔdzɔe ƒe ke maʋã o.


Woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ atutui aƒu anyi; ke ame dzɔdzɔe la akpɔ sitsoƒe le eƒe ku me.


De amea de nyae be, amegbetɔviwo ƒe gbɔgbɔ yia dzi, eye lãwo ƒe gbɔgbɔ yia anyi me loo?


Ke eme menye na ame vɔ̃ɖiwo o, eye abe vɔvɔli ene womanɔ agbe didie o, elabena womevɔ̃a Mawu o.


Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.


Elabena miegblɔ be: Míebla nu kple ku, eye mie ɖu dzo kple tsieƒe. Atam, si le nyènyem le yiyim la, mava mía gbɔ o, elabena míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebe de alakpa gbɔ.


woagblẽ mia kple ku ƒe nubabla la me, eye mía kple tsieƒe ƒe dzoɖuɖu la mali ke o. Atam, si le nyenyem le yiyim la, agba mi gudugudu.


Eɖo ŋu ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu gblɔ bena: Amea ɖeke mele kpɔyem o. Wò nunya kple wò ayedzedze flu wò, nègblɔ le wò dzi me bena: Nye koe, ɖeke megali o!


woƒãɛ nu le bubu makpɔmakpɔe me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋutikɔkɔe me: woƒãa nu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋusẽ me.


Wònye gbɔdzɔgbɔdzɔ me wòtso woklãe ɖe atitsoga ŋu hafi, gake la Mawu ƒe ŋusẽ me wòtso wòle agbe. Elabena míawo hã míegbɔdzɔ le eyama me; gake mía kplii míanɔ agbe le Mawu ƒe ŋusẽ me le mia gome.


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa