Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Amesi dzra sedede ɖo la, vɔa ɖeke mava edzi o, eye nunyala ƒe dzi nyaa azãgbe kple ʋɔnudɔdrɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o. Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:5
21 Mawu Ofanana  

Amesiwo tso Isaxar-viwo dome la, wonye amesiwo nunya le tagba na, eye wonya ɣeyiɣi, si dzi Israel awɔ nane; woƒe tatɔwo le ame alafa eve, eye wo nɔviwo katã sea woƒe gbe.


Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã.


Ke vixelawo vɔ̃ Mawu, eye womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o, boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe.


Vɔ̃a ɖeke mekpe ame dzɔdzɔe o; ke ame vɔ̃ɖiwo la, dzɔgbevɔ̃ego wonye.


Nunya le nugɔmesela ŋku me; ke bometsila ƒe ŋku le anyigba ƒe mlɔenu ke.


Gomesese le ɖusi me na nunyala, ke bometsila ƒe gɔmesese le mia me nɛ.


Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ!


Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.


Mebe: Dzra fia ƒe sedede ɖo le Mawu ƒe atam la te.


Wote Efrayim de anyi, eye wotso tohehe bɔbɔe de anyi, le esi wòlɔ̃ dze mawuwo ƒe sewo yome le ta.


Eye wògblɔ na wo bena: Eyaŋuti mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!


Ke Petro kple Yohanes woxɔ dzi na wo gblɔ bena: Nenye be, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, míaɖo to miawo awu Mawu la, mibu eŋu kpɔ!


Eye Petro kple apostoloawo ɖo ŋu gblɔ bena: Ele be, wòabu Mawu awu amewo.


Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,


Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa