Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 mekpɔ Mawu ƒe dɔwo katã be, amegbetɔ menya ta le nusiwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, menya ta le enu o, eye ne nunyala be, yedze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:17
13 Mawu Ofanana  

amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,


Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.


Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Mebu tame, be madze si esia, hiãkame wònye le ŋkunye me,


Meɖo nye ta me anyi, be matsɔ nunya adzro nusiwo kalã dzɔna le dziƒoa te la me akpa, eye makpɔ wo ta ɖa. Agbagbadzedze vɔ̃e wònye Mawu tsa na amegbetɔviwo, ne woatsɔ ana kutri kumi.


Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.


Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne


Ɖe ŋku ɖe Mawu ƒe ɖɔwo; elabena ameka hadzɔ nusi wòglɔ̃ la?


Menyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.


Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa