Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eyata mekafu dzidzɔkpɔkpɔ be: Nu nyuia ɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ana nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe alo eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae le ɣea le la ƒe agbagbadzedzewo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:15
11 Mawu Ofanana  

Le wò tsiwo ƒe kɔkɔɖanyi bababa me la tɔɖɔɖɔ yɔ tɔɖɔɖɔ; wò tsi kpakawo kple tsitsotsoewo ŋe ɖe dzinye.


Megblɔ le nye dzi me be: Mãtsɔ dzidzɔ mee akpɔ, eye maɖu agbe! Ke esia hã toflokoe.


Nusianu, si nye ŋkuwo di la, nyemete wo o; nyemetsri dzidzɔa ɖeke na nye dzi o, ke boŋ nye dzi kpa dzidzɔ ɖe nye agbagbadzedzewo katã ŋu, eye esia nye tanye gome tso nye agbagbadzedzewo katã me.


Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.


Mehe le nye dzi me be: Matsɔ wein anyro nye ŋutilã, ke nye dzi natsɔ nunya akplɔm, ne meva bometsitsi goŋgoŋ, eye makpa nusi nyo na amegbefɔviwo be, woawɔ le dziƒoa te le woƒe agbenɔɣi me la.


Eyata mekpɔ be, enye wu na amegbetɔ be, wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, elabena esia nye eƒe gome. Elabena amekae akplɔe ayi afisi wòakpɔ nusiadzɔ le emegbe la le?


Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.


De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti do la dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa