Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 8:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Emegbe mekpɔ woɖe ame vɔ̃ɖiwo yɔ me, eye woyi gbɔɖemeƒe; ke ele na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la be, woaʋu adzo le teƒe kɔkɔe la, eye woŋlɔ wo be le dua me. Esia hã tofloko wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 8:10
14 Mawu Ofanana  

be woanɔ abe gbe ƒuƒu le ya nu ene, abe tsro, si ahom kplɔna dzonae ene.


Mezu alɔmeɖenu na nye ketɔwo katã kple nye aƒelikawo vevie ŋutɔ; mezu bibi na nye ame nyanyɛwo, eye amesiwo kpɔam le kpɔdomee la, sina le nunye.


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.


Ŋku dzo le blematɔwo dzi, nenema ke amesi gbɔna dzadza ge hã, wo yometɔwo maɖo ŋku wo dzi o.


Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.


Ŋutsu ɖahe nyanua ɖe le eme; eyae tsɔ eƒe nunya xɔ du lae; ke amea ɖeke medo ŋku ŋutsu dahe ma dzi o.


Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menye naneke o, fetua ɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.


Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!


Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii.


eye woɖo aʋatsoɖaseɖilawo, amesiwo gblɔ bena: Nenem me sia midzudzɔ nuƒoƒo ɖe teƒe kokoe la kple se la ŋu o;


ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa