Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze; dzigbɔɖitɔ nyo wu ɖaɖala.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze! Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 7:8
20 Mawu Ofanana  

Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.


Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ ɖoa boblo bometsitsi.


Dɔmedzoetɔ ɖɔa avu, ke tufala tsia dzre nu.


Dzi gbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye amesi ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.


Ŋubiala ɖɔa dzre, ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woaɖi ƒo nɛ taŋ.


Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.


Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku edzi bena, exɔ wò nu nyuiwo vo le wò agbenɔɣi me, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; ke azɔ la wole akɔ fam nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem.


Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.


Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye,


le tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa katã me, le dzigbɔgbɔ blewu me, eye mihe adodo kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me,


Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.


Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ Aƒetɔ la ƒe nuwuwu bena, Aƒetɔ la yɔ fũ kple dometɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.


Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa