mekpɔ Mawu ƒe dɔwo katã be, amegbetɔ menya ta le nusiwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, menya ta le enu o, eye ne nunyala be, yedze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.
Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!
amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.