22 Elabena ele ŋku dzi na wò be, wò hã edo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.
22 Wò ŋutɔ ènya zi geɖe siwo nèƒoa fi dea amewoe!
Eye fia la gblɔ na Simei be: Wò ŋutɔ ènya vɔ, siwo katã nèwɔ ɖe fofonye Dawid ŋu, eye wò dzi nyae. Yehowa agbugbɔ wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la ava wò ta dzi.
Megalé to hã ɖe amewo ƒe nusiwo katã woƒona la ŋu o, ne mãgasee, ne wò dɔla le ɖiŋu dom na wò ti.
Nusiwo katã metso nunya te kpɔ la, wonye si: Mebu be, madze nunya; ke etsi adzɔgedzɔgee nam.
Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.
Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me.