Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Kuteƒeyiyi nyo wu agloluƒeyiyi; elabena afi kemea nye emegbetɔwo katã ƒe nuwuƒe, eye wòdea dzigbɔ na agbagbeawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 7:2
29 Mawu Ofanana  

Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!


Nu nyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me. Ke medze sii be, nye ɖeka tɔgbe koe dzɔna ɖe wo katã dzi.


Womeɖoa ŋku nunyala kple bometsila dzi tegbee o, elabena ŋku adzo le wo dzi le ŋkeke, siwo gbɔna la me xoxo; alesi nunyala kunae la, nenema ke bometsila hã kunae.


Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.


Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.


Eye nenye ƒe akpe eve wona agbe, ke meɖu agbe o la, ɖe menye teƒe ɖeka wo kam woyi oa?


Nu ɖeka ƒomevie kpea amewo katã: Nya ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi, ame nyui, eme dzadzɛ kple eme madzamadza, vɔsala kple eme masavɔ, ame nyui kple nuvɔwɔlm atamkala kple amesi atam dzia ŋɔ na la dzi.


Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.


Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menye naneke o, fetua ɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.


Egblɔ be, yeanye aƒenɔ daa tegbee; esia mede dzigbɔ na wò o, eye meɖo ŋu alesi woava nɔ emegbe o.


Megayi aglotuƒe, ne nabɔbɔ nɔ anyi aɖu nu, ano nu kpli wo o.


Eyata ale. Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milé ŋku ɖe miaƒe zɔzɔme ŋu:


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne miegbe toɖoɖo, eye nya mede dzi gbɔ na mi o la, ekema maɖo fiƒode ɖa ɖe mia ŋu, eye matrɔ miaƒe yayra wòazu fiƒode; meƒo fi dee xoxo, elabena nya mede dzi gbɔ na mi o.


Ameka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ke, eye ameka axlẽ Israel ƒe akpa enelia? Maku abe ame dzɔdzɔewo ene, eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!


Woayra amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.


Ɖe wònye nunyalawo wonye la, ne wodze si nusia, eye ne wobu nusi ava dzɔ de wo dzi la ŋu.


egblɔ na wo bena: Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, naɖe dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne wòalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.


Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa