19 Nunya naa ŋusẽ nunyalawo wu ŋusẽtɔ ewo, siwo le du me.
19 Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu wu du gã ewo ƒe dziɖulawo!
Nunyala ha kalẽtɔwo ƒe du, eye wòmũa woƒe kpoƒuƒu, si ŋu wole dzi ɖom do la, ƒua anyi.
Ŋutsu nyanu sesẽna, eye ŋutsu nugɔmesela ɖea ŋusẽ fiana.
Tɔnyee nye aɖaŋudede kple edzisusu; nyee nye gɔmesese, eye tɔnyee nye ŋusẽ.
Ɖekakpui dahe nyanu nyo wu fia tsitsi tsibome, si menana woxlɔ̃a nui o.
Elabena nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye; Nunya léa amesi si wole la ƒe agbe ɖe te.