Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne amea ɖe dzi vi alafa, enɔ agbe ƒe geɖe, eƒe agbe me ŋkekewo sɔgbɔ, gake meɖi ƒo ɖe nu nyuiawo ŋu o, eye ameɖiƒea ɖeke mesu esi o la, mele gbɔgblɔm be, fu gege nyo wu eyama.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe,

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 6:3
23 Mawu Ofanana  

Eye esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia bena: Amekawo nye esiawo le ŋuwò mahã? Eɖo ŋu bena: Woawoe nye vi, siwo Mawu na wò dɔla!


Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o.


Ŋutsuvi blaadre le Axab si le Samaria. Eye Yehu ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Israel-amegãwo, ame tsitsiwo kple Axab viwo dzikpɔlawo le Samaria bena:


Ke esi woyi, be yewoaɖii la, womekpɔ eƒe afia ɖeke o, negbe eƒe takoli, afɔbaya kple asibayawo ko.


Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


Eye Rexabeam lɔ̃ Absalom vinyɔnu Maaxa wu srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo katã, elabena eɖe srɔ̃ wuienyi, eye wòdze ahiã blaade, eye wòdzi ŋutsuvi blave vɔ enyi kple nyɔnuvi blaade.


Eye Haman xlẽ eƒe kesinɔnu nyuiawo, via gbogboawo kple nusiwo katã fia la tso ɖoe gãe, kpakple alesi wòtsɔe ɖo amegãwo kple fia ƒe dɔlawo dzi la na wo.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Nukaŋuti nyemeku ɖe ɖanye ƒe dɔ me oa? Eye esi medo tso dɔ me la, nukaŋuti nyemetso me o?


Ɖe mele ahe la gege, si woɖe do ene la, anye ne nyemegali o; eye anye, ne mele abe vidzie, siwo mekpɔ kekeli kpɔ o la ene.


Wo nu ayi abe tsi sisi ene; eye ne eda eƒe aŋutrɔwo la, woanɔ abe ɖe wo nu tsi kpo ene.


Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo, eye viwo ƒe atsyɔ̃ enye wo fofowo.


eye amesi medzɔ gɔ̃, ne wòayi nuwɔwɔ vɔ̃di, siwo dzɔna le ɣea te, kpɔ ge o la tɔ me nyo wu wo ame eve la tɔ.


Elabena edzɔ de gbahlaya me, eye wòyi viviti me, eye viviti nye tsyɔ eƒe ŋkɔ


Woaɖii abe tedzi ene, woatee le anyigba atsɔ aƒu gbe ɖe adzɔge tso Yerusalem ƒe agbowo gbɔ.


eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim ŋu enye si: Amea ɖeke manɔ esi abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi o, eye woatsɔ eƒe kukua aƒu gbe ɖe ŋdɔkutsu nu le ŋkeke me kple vuvɔ nu le zã me.


ahasia ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo nu, nusiwo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, wodze wo yome, wobia nu wo se, eye wode ta agu na wo; womafɔ wo o, eye womatsɔ wo aɖi o, eye woazu gbeɖuɖɔ le anyigba dzi.


Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; ke baba na nenem me, si lade Amegbetɔvi la asi! Enyo na nenem me la bena, womegaxae dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa