Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ne Mawu na kesinɔnu, nu xɔasiwo kple bubu amea ɖe, ale be nusiwo katã wòdina la, mehiãnɛ o, gake Mawu mene ŋusẽe, be wòaɖui o, ke boŋ ame tutɔ naɖul la, tofloko kple vɔ̃ gã wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 6:2
24 Mawu Ofanana  

Eye nusi mèbia o hã la, metsɔe na wò, kesinɔnu kple bubu siaa, ale be tɔwò tɔgbea ɖeke manɔ fiawo dome le wò agbe me ŋkekewo katã me o.


Yehowa wo Salomo gã ŋutɔŋutɔ le Israel blibo la ŋku me, eye wòtso fiaɖuɖu, si ŋu kafukafu le la nɛ, esi tɔgbe menɔ fia, siwo ɖu Israel dzi do ŋgɔ nɛ la si o.


Eku amegã belibeli hafi ku, eye agbenɔnɔ, kesinɔnu kple bubu ti kɔ nɛ, eye via Salomo zu fia ɖe eteƒe.


Eye Mawu gblɔ na Salomo bena: Esi nusia le dzi me na wò, eye mebia ho kple kesinɔnu, bubu kple wò futɔwo ƒe ku kpakple wò agbenɔnɔ didi o, ke boŋ nebia nunya kple sidzedze, be ate ŋu aɖu fia ɖe nye dukɔ, si nu metsɔ wò ɖo fia ɖo dzi la,


tso amegbetɔwo si me kple wò asi, Yehowa, tso ame kodzogbeawo si me, amesiwo kpa woƒe gome le agbe me, eye nètsɔ wò kesinɔnuwo te ɖe ko me na wo; viwo bɔ ɖe wo si kpaŋ, eye wogblẽ woƒe nu susɔeawo ɖi na wo viwo.


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Woƒe ŋku do le ami me hɔ̃, eye woƒe dzimesusuwo do lululu.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Ne nya vɔ̃a ɖe na kesinɔnu siawo bu, eye wòdzi ŋutsuvi le ekema naneke metsia esi me o.


Eɖu eƒe ŋkekewo kalã le viviti, dzibibi geɖe, fukpekpe kple dziku me.


Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.


Elabena mebua ta me le eƒe agbe me ŋkekewo ŋu boo o, le esi Mawu do dzidzɔ na eƒe dzi ta.


Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.


Míaƒe domenyinu ge ɖe amedzrowo si me, eye míaƒe aƒewo ge ɖe ɖu bubu me tɔwo si me.


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, ke medze sii o; eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o.


Dukɔ, si menya o la, aɖu wò agblemenuwo kple nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, wòase ŋuta le ŋuwò ɣesiaɣi, eye woate wò ɖe anyi.


Amedzro, si le dowòme la ŋkɔ ade dzi, ke wò la àyi to gbidigbidi.


Ne mieyi la, miage ɖe dukɔa ɖe, si li bɔkɔɔ la dome, eye anyigba la keke ta; elabena Mawu tsɔ anyigba, si dzi hiã metua ame le naneke me o la, de asi na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa