Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 6:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena nya geɖe li, si dzia toflokonyenye ɖe edzi, ke viɖe ka amegbelɔ kpɔna tsoe eme?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 6:11
13 Mawu Ofanana  

Eyata dada enye woƒe kɔdzonu, eye wotsyɔ ŋutasesẽ abe avɔ ene.


Tete megblɔ le nye dzi me be: Nya, si adzɔ ɖe bometsila dzi la kee le dzɔdzɔ ge ɖe nye hã dzinye tso, nukata gɔ̃e nyea medze nunya alea gbegbe ɖo? Eye megblɔ le nye dzi me be: Esia hã toflokoe.


Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.


Dukɔ, siwo katã nu wole la seƒeɖo meli na wo o; ke wo megbeviwo meva kpɔ dzidzɔ de eŋu o. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Ne èle ame dahewo teteɖeanyi kple nya dzɔdzɔe tsitsri kpakple dzɔdzɔanyenyetsitsri kpɔm le anyigba dzi la, nya la megawɔ nuku na wò o; elabena ame kɔkɔ le ame kɔkɔ ŋuti dzɔm, ke kɔkɔtɔ le wo katã nu.


Nusi dza la, woyɔ eƒe ŋkɔ ɖi tsa, eye nusi ame ava zu la, woɖoeɖa ɖi, eye mate ŋu ahe nya kple amesi sẽ wui o.


Elabena ameka nya nusi nyo na amegbelɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe le ɣea te la nɛ?


Efrayim tsɔ alakpadada ɖe to ɖem, eye Israel ƒe aƒe la tsa amefuflu ɖe to ɖem, ke Yuda gale eɖokui trɔm ɖe tsiƒo agbaƒo na eƒe Mawu, na kɔkɔetɔ nyateƒetɔ la ko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa