Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Megaɖe mɔ da wò nu, ne wòahe wò ŋutilã aɖe nuvɔ̃ me o, eye megagblɔ le Mawu ƒe tame ɖɔɖɔ ŋku me be, ɖe woge le ye nu o. Nukaŋuti Mawu aɖo dɔmedzoe ɖe wò nuƒoƒo ŋu, eye wòagblẽ wò asinudɔwɔwɔa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 5:5
8 Mawu Ofanana  

Mɔ̃ wònye na amegbetɔ, ne nya ge le enu be: „nua ŋu kɔ!“ emegbe hafi wòayi tame bu ge le adzɔgbeɖeɖe la ŋu.


Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ.


Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi.


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Esi woli la, ɖe menye tɔwòe oa? Eye esi nètsɔe dzra la, ɖe menye wò ŋusẽ nue oa? Nukaŋuti nètsɔ nuwɔwɔ sia ɖo wò dzi me mahã? Menye amewo nèka aʋatso na o, ke na Mawu boŋ.


Ekpɔ mɔ axɔ deme le du bubu me tɔwo si, ke megaxɔ deme le nɔviwò si o, bena Yehowa, wò Mawu, nayra wò le nusiwo katã netsɔ wò asi wɔ dɔ kpɔ la me, le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò la dzi.


Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ekema megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena Yehowa, wò Mawu, abiae tso asiwò kokoko, ne megaɖi fɔ o.


Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa